Mark 12

1Eye Yesu dze nufiafia wo gɔme le lododowo me.Egblɔ be,‘’ŋutua ɖe de waingble,etɔ kpɔ ƒo xla eŋuti eye woɖedo na wainfiafia.Etu gbeta kpɔxɔ eye wo haya waingblea na waingble delawo.ke edzo yi mɔdzi. 2Le ɣeyiyi nyuitɔ dzi la,edɔ dɔla ɖoɖe waingble delawo gbɔne woaxɔ wainkutsetse ɖewo va na ye. 3Ke wolee,ƒoe eye woɖoe ɖa asi ƒuƒlu.

4Ega dɔ dɔla bubu ɖo ɖe wogbɔ,ke wode abi ta ŋuti nɛ eye wodo ŋukpee. 5Ke ega dɔ bubu ɖa koe,vɔa wowu eya,wotu nu kple bubu geɖewo nenemake,woƒo ɖewo eye wowu bubuwo.

6Ame ɖeka ga kpɔ tɔ nɔ esi woadɔ.si nye via si wolɔ vevie.Eya ye nye ame susɔe si woadɔ ɖoɖe wogbɔ.Egblɔ be,‘’woabu vinye ya koe.‘’ 7Gake agblehayatɔwo gblɔ le wo noewo dome be,‘’amesi nye eƒe domenyila ye nye esia,miva,mina miawu,eye domenyinyia nazu miatɔ.‘’

8Wodze edzi,wui,eye wotsɔe ƒu gbe ɖe waingble la godo. 9Azɔ,nuka waingble tɔ la awɔ?ava tsrɔ waingble delawo eye woatsɔ waingble la ade asi na ame bubuwo.

10Ɖe miexle ŋɔŋlɔ sia kpɔ oa?‘’kpe si xɔtulawo gbe la,eya va trɔ zua dzogoedzikpe. 11Esia tso Aƒetɔ la gbɔ,eye wowɔ nuku na mi le nukpɔkpɔ me. 12Tete nunɔlagawo,sefialawo kpakple dumegawo di be yewoale Yesu elabe wonya be yewo ŋu wodo lo sia le.ke wovɔ ameha la eyata wogblee ɖi dzo.

13Emegbe la wodɔ farisitɔwo kple herodiatɔ aɖewo ɖoɖe egbe bene woalee le eƒe nyawo me. 14Esi wova la,wogblɔ nɛ be,‘’Nufiala,minyae be ne toa nyateƒe eye metsɔe ɖe le amea ɖeke ƒe nukpɔsusu me o.medea akpa aɖeke dzi le amewo dome o.Ne fiana Mawu ƒe mɔ le nyateƒe me.Ele se nu be woaxe adzɔga na kaizaro wo alo mele se nu oa?Mia xeea,alo miaga xee. 15Ke Yesu dzesi woƒe ayemenuwɔwɔwo eye wogblɔ nawo be.‘’Nuka ŋuti miele doyem kpɔ?Mitsɔ denario vɛ nam ne makpɔ.‘’

16Wotsɔ ɖeka vɛ na Yesu.Ebiawo be,‘’Ameka ƒe nɔnɔmetata kple ŋuŋlɔŋlɔe nye esia?‘’wogblɔ be,‘’Kaizaro tɔe.‘’ 17Tete Yesu gblɔ nawo be,‘’Mitsɔ nusiwo nye Kaizaro tɔ la na Kaizaro eye nusiwo nye Mawu tɔ la na Mawu.‘’Ale woƒe nuku le eya ma ŋuti.

18Eye Zadukitɔwo va egbɔ,wo amesiwo gblɔna be tsitretsitsi meli o la,wobiae be na,‘’ 19Nufiala ,Mose ŋlɔe daɖi na mi be,ne ŋutsu aɖe nɔvi ku hegble srɔa nyɔnu ɖi eye vi mele esi o la,ŋutsu la naɖe nɔvia ƒe srɔa eye woado ƒome ɖi na nɔvia.’

20Nɔvi ŋutsu adre nɔ anyi,eye gbatɔ ɖe srɔ,eye woku megble vi aɖeke ɖi o. 21Eye evelia ɖee,eye woku,megble vi ɖi o.Eye etɔlia ha nenemake. 22Eye wo ame adreawo kata medzi viwo o.Le wo kata megbe la,nyɔnu la ha ku. 23Le tsitretsitsi me ne woga fɔ ɖe,ameka srɔ nyɔnu la anye?Elabena nɔvi ŋutsu adreawo kata ɖee kpɔ.‘’

24Yesu gblɔ nawo be,‘’Ɖe menye esiata mieda vo ɖo elabena mienya ŋɔŋlɔawo alo nya Mawu ƒe ŋuse ha o maha? 25Elabena ne woƒɔ tso amekukuwo dome la,wome ɖea srɔ o alo woatsɔ na bena woaɖe o,ke boŋ wole abe Mawudɔlawo le dziƒowo la ene.

26Ke le amekukuwo ƒe akpa dzi,bena woatsitre la,ɖe miexlee le Mose ƒe agbale la me tso ŋuve bi dzo ŋutinya la me alesi Mawu ƒo nunɛ bena,‘’Nyee nye Abraham ƒe Mawu la o maha?‘‘’ 27Menye amekukuwo ƒe Mawu wonye o,ke boŋ ame gbagbeawo tɔe.mieda ƒu ŋutɔ.‘’

28Agbalefialawo dometɔ ɖeka va,eye wose woƒe nyaheheawo;ekpɔ be Yesu ɖo nya ŋu nyuie.Ebiae be,‘’se kae nye vevietɔ wu le se ewoawo kata dome?‘’ 29Yesu ɖo eŋu be,‘’se vevietɔ wu enye,Israel see,aƒetɔ mia Mawu la aƒetɔ ɖekae. 30Edze be na lɔ aƒetɔ wo Mawu kple wo dzi blibo,kple wo luʋɔ blibo,kple wo tamesusu blibo kpakple wo ŋuse kata.‘’ 31Se evelia nye esi,edze be,nalɔ hawovi abe wo ŋutɔ ɖokuiwo ene!se bubua ɖeke mega li si lolo wu esiawo o.‘’

32Eye agbalefiala la gblɔ nɛ be,‘’Nufiala nyui!egblɔe nyateƒetɔe be Mawu la.ɖekae eye bubua ɖeke mega li kpe ɖe eŋuti o. 33Be woalɔe kple dzi blibo kple nugɔmesese blibo kpakple ŋuse blibo eye be woalɔ amehavi abe ame ŋutɔ ɖokui ene la le vevie wu numemewo kple vɔsasawo kata.‘’ 34Esi Yesu kpɔ be ena ŋuɖoɖo nunyatɔ egblɔ nɛ be,‘’wo la,mele didiƒe tso Mawufiaɖuƒe la gbɔ o.‘’Le esia megbe la ame aɖeke medo dzi ga bia nya ɖeke Yesu o.

35Yesu le nufiam le gbedoxɔ la me,eye wogblɔ nawo be,‘’aleke wɔ agbalefialawo le gbɔgblɔm be kristo la Dawid ƒe vie wonye maha? 36Dawid ŋutɔ,le gbɔgbɔ kɔkɔe la me,gblɔ be;Aƒetɔ la gblɔ na nye aƒetɔ be,bɔbɔ nɔ nye nuɖusi me vaseɖe esime matsɔ wo futɔwo awɔ wo afɔɖodzinui. 37Dawid ŋutɔ yɔna kristo la be,‘Aƒetɔ’ke aleke wɔ wonye dawid ƒe vi?‘’ameha ga la ɖo toe kple dzidzɔ.

38Le eƒe nufiafia me la Yesu gblɔ be,mikpɔ nyuie le agbalefialawo ŋuti,amesiwo dina tsaɖiɖi le awu legbewo me kple bubu gbedonamewo le dutoƒowo, 39kple bubu nɔƒewo le ƒuƒoƒewo kpakple teƒe vevie nɔnɔ le nuɖuƒewo. 40Ke woawo kee haa ahosiwo ƒe aƒewo eye wodoa gbe didiwo ɖa be amewo nakpɔ.amesiawo axɔ tohehe sesetɔ awu amesiame.

41Azɔ Yesu nɔ anyi hedze ŋgɔ nudzɔɖaka la le gbedoxɔa me,ele ŋku lem ɖe ame wo ŋu alesi wole ga dam ɖe adaka la me.Gake geɖewo da ga home gawo ɖe eme. 42Ke ahosi aɖe si nye wɔamenɔ la va da gawuiwlui eve ɖe eme siwo ƒe home anɔ abe peni ɖeka ene

43Yesu yɔ eƒe nusrɔlawo ƒoƒu eye wo gblɔ nawo be,‘’Nyateƒe gblɔm meie na mi,ahosi dahe sia da nu ɖe eme wu amesiwo kata dzɔ nu ɖe nudzɔ ɖaka la me. Amesiwo kata na tso woƒe nu gbogboawo me.ke ahosi sia ya la,tso eƒe ahedada la me,eda ga siwo kata le esi woaza la ɖe eme.

44

Copyright information for EweULB